Lists of Ewe names and their meanings

Spider lived in a village with his wife and children. He and the family owns a farm but spider was one greedy animal that always wanted everything for himself. Even though he had children and a wife, taking care of the family was a difficult task for him. During the rainy season, the family of spider farmed to have food because farming was the occupation for survival in those days.
Ayiyi nɔ kɔƑe aɖe me kple srɔa kpakple woviwo. Agble nɔ yiyi kple eƑe Ƒomea si gake yiyi nye ɖokuitɔdzila. Edzia nu haha ɖe eko me. Togbɔbe srɔ kple vi nɔ esi ha la, wodzikpɔkpɔ nye agba ga aɖe n3. Le tsi dza ɣeyiyi me la, wo dea agble bena nuɖuɖu ate nu anɔ aƑea me si nu woa nɔ agbe ɖo.
They lived in a village called Kopa and the inhabitants of the village knew how selfish and greedy spider was. Anytime the family plants crops and they were mature, spider finds a way of going to the farm in the evening to harvest some of the crops and eat without the knowledge of the family. He was doing this so he could eat more than anyone else in the house. A time came when he gathered his family and told them that when he dies, he should be buried in the farm.
KɔƑe si me wonɔ la Ƒe nukɔe nye Kopa eye kɔƑeametɔwo ha nya ɖokuitɔdzidzi Ƒe agbe si nɔ yiyi si. Ɣesiayi si ke nukuawo tsi he ɖo ɖuɖu me la, yiyi dzea gbagba yina vae Ƞea nukua le za me ɖana he ɖuna le Ƒomea Ƒe manyamanya me. Enɔ agbe sia dzi be yea ɖu agble me nukuawo wu amesiame. Gbe ɖeka la, egblɔ na Ƒomea be nenye be ye me ga le agbe o la, wone ɖi ye ɖe agbleame.
He told them to put cooking utensils in his coffin and when he is buried, the hole should not be covered with sand but left bare. A time came when their crops were very mature and he pretended to have died. The wife and some community members gathered and buried him as he directed. Every evening, Spider moves from his coffin to harvest some crops, cook and enjoy. Anytime the wife and children go to the farm, they detect some crops stolen. As this persisted they decided to know who was doing this.
Egblɔ na wo be woatsɔ nuɖanuwo abe gaze, gatsi kple bubuawo de aɖaka la me eye wo ma ga tu yɔdoa o. Edzɔ gbe ɖeka be nukuawo tsi he ɖo ɖuɖu me eye yiyi wɔ aye be ye ku. Ƒomea wɔ ɖoɖo he ɖi ɖe agbleame abe alesi ke wogblɔe daɖdi ene. Za sia za la, yiyi fɔna tso aɖaka la me eye woȠea nukua ɖe wo he ɖana ɖuna. Nenye be srɔa kple viawo yi agbleame la wodoa dzesi be ame aɖe le nukuawo Ƞem. Wo ɖoe gbe ɖeka be ye woa de dzesi ame si nɔ agbe Ƒoɖi sia nɔm.
One night, the wife and children hid somewhere in the farm and to their surprise, spider came to harvest some crops as usual for his meal. The children and wife got surprised and shouted as they moved hurriedly towards spider to beat him up. They beat him very well and he ran as fled. As he didn’t know where to hide to escaped the fatal beatings, he climbed up to the corner of their room and hid there.
Za ɖeka la, yiyi srɔ kple viawo ɣla woɖokuiwo ɖe agbleame be yewoado dzesi amesi nɔ agbe vlo sia nɔm. Medzidzi kraa oo, yiyi ga do go le aɖaka la me yi ɖa Ƞe nukuawo abe ale si wowɔ ne xoxoxo ene. Enumake, srɔ kple viawo do ɣli ga aɖe eye woƑu du kple atsi eye woƑo ayiyi alegbegbe. Yiyi si kple du eye wo yi ɖae ɣla eɖokui ɖexɔa Ƒf dzoguidzi.
This is the reason why spider always stays in the corner of a room.
Nusiae na be yiyi nɔ xɔ Ƒe dzoguidzi gbe sia gbe.
Story telling used to be very vibrant some years ago mostly in the villages where the elderly gather children and tell them interesting stories from which they learn. Even though some of these acts might not be as they use to be, you can still take advantage of the media to read those amazing stories.
Hope you've enjoyed this piece and have also learnt some expressions in the Ewe Language.
Comments
Post a Comment
Share your views on this insightful content